John 20

1Le Kwasiɖagbe ŋdi kanya, esi xexeame mekɔ vɔ tututu o la, Maria si tso Magdala la yi Yesu ƒe yɔdo gbɔ eye wòkpɔ bena womli kpe gã si nɔ yɔdoa nu la ɖa.

2Eƒu du yi Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdoa me eye nyemenya afi si wotsɔe yi ɖada ɖo o!” 3Azɔ Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ la tso kpla yi ɖe yɔdoa gbɔ. 4Wo ame eve la ƒu du, ke nusrɔ̃la keme la ƒu du gbɔ Petro ŋu hetre yɔdo la gbɔ ɖoɖo.

5Ebɔbɔ eye wòkpɔ ameɖivɔ la le yɔdoa me. 6Simɔn Petro hã va ɖo, eye wòge ɖe yɔdoa me. Eya hã kpɔ avɔ ɣi ƒuƒlu la le anyigba eye 7taku si wotsɔ bla Yesu ƒe moe lã, woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdoa ƒe axa dzi. 8Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdoa gbɔ gbã la hã ge ɖe eme mlɔeba, ekpɔ eye wòxɔe se be etsi tre vavã. 9Elabena va se ɖe ɣemaɣi hã la, womenya be mawunya gblɔ bena agatsi tre o.

Yesu ɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ

(Marko 16:9-11)

10Nusrɔ̃la la kple Petro trɔ yi aƒeme. 11Ke le ɣeyiɣi sia me Maria ya gatrɔ yi yɔdoa to eye wònɔ avi fam. Esi wònɔ avi fam la ebɔbɔ be yeagakpɔ yɔdoa me ɖa, 12kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdoa me, ɖeka le tade eye evelia le afɔde.

13Mawudɔlawo biae bena, “Nu ka tae nèle avi fam ɖo?”

Eɖo eŋu na wo bena, “Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wotsɔe da ɖo o.”

14Efɔ kɔ dzi eye wònye kɔ kpɔ megbe, kasia ekpɔ ame aɖe wònɔ tsitre ɖe emegbe. Yesue nye amea gake mekpɔe dze si o.

15Ame la biae be, “Nu ka ta nèle avi fam? Ame ka dim nèle?”

Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va tsɔe le afi sia la, gblɔ afi si nètsɔe da ɖo la nam bena mayi aɖakɔe.”

16Azɔ Yesu yɔe be, “Maria!” Enumake Maria hã trɔ ɖe Yesu ŋu.

17Yesu gblɔ nɛ bena, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Gake yi nàdi nɔvinyewo ne nàgblɔ na wo bena meyina ɖe Fofonye, ame si nye miawo hã Fofo la kple nye Mawu ame si nye miawo hã ƒe Mawu la gbɔ.”

18Maria Magdalatɔ la yi ɖadi nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na wo bena, “Mekpɔ Aƒetɔ la!” eye wògblɔ nya siwo Yesu de asi nɛ la na wo.

Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo

(Mateo 28:16-20; Marko 16:14-18; Luka 24:36-49)

19Le Kwasiɖa ma ƒe fiẽ la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔme nɔ takpekpe wɔm. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã sesĩe elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo ƒe amegãwo. Wole afi sia kasia Yesu va do ɖe wo dome kpoyi eye wòdo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi”. 20Etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe bena wogakpɔ Aƒetɔ la.

21Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm ɖe xexeame.” 22Le esia megbe la, egbɔ ɖe wo dzi eye wògblɔ bena, “Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 23Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekema ekpɔ tsɔtsɔke vavã eye ne miegbe mietsɔe ke ame aɖe o la, ekema eƒe nu vɔ̃wo atsi eŋu.”

Yesu ɖe eɖokui fia Toma

24Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si nye evenɔvi, eye woyɔnɛ be Toma ya menɔ nusrɔ̃lawo dome ɣemaɣi o. 25Esi wòva la nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena, “Miekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma ɖo eŋu na wo bena, “Nyemaxɔe ase o, va se ɖe esime nye ŋutɔ matsɔ nye asibidɛ aƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me eye matsɔ nye asi aƒo ɖe abi si le axadame nɛ la me hafi.”

26Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔme tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu eye fifia ya la Toma hã nɔ wo dome. Kasia Yesu gava do ɖe wo dome eye wògado gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi”.

27Azɔ egblɔ na Toma bena, “Zɔ va nàtsɔ wò asibidɛ aƒo ɖe nye asiƒome, eye nàtsɔ wò asi aƒo ɖe nye axadame kpɔ. Tso azɔ la, mèganye dzimaxɔsetɔ o, xɔse vavã nenɔ asiwò!”

28Toma ɖo eŋu nɛ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu.”

29Yesu gagblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la èxɔe se be nyee, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.”

Agbalẽa ƒe taɖodzinu

30Nusrɔ̃lawo kpɔ Yesu wòwɔ nukunu bubu geɖewo siwo ya womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o, 31ke woŋlɔ esiawo da ɖi bena miaxɔe ase bena eyae nye Mesia la kple Mawu ƒe Vi, eye ne miexɔe se la miakpɔ agbe.

Copyright information for EweBEE